1 Corinthians 14

Nyagblɔɖi kple aɖeyeye nunanawo

1Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ. 2Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla. 3Ke ame si gblɔa nya ɖi eye wògblɔa Mawu ƒe nya la, le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me eye wòle ŋusẽ dom wo hele akɔ fam na wo. 4Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la, kpena ɖe eɖokui ŋu eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la, kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me.

5Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye maɖi be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe ale be woawo hã nakpɔ viɖe aɖe tso wo me.

6Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam, kple nu siwo menya, kple nu siwo le eme va ge kpakple Mawu ƒe nya si nye nyateƒea la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu. 7Mate ŋu atsɔ kpẽwo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la, le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖe ko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ. 8Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, ale ke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpkpe? 9Nenema ke ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, ale ke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me.

10Mebu be gbe vovovo alafa nanewo le xexeame eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo, 11ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la, anye amedzro nam eye nye hã manye amedzro nɛ. 12Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye viɖe vavãwo na hame blibo la.

13Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe. 14Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o. 15Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa le gbe manyamanyawo me eye magado gbe ɖa le gbe nyanyɛ la me ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme. 16Elabena ne èkafu Mawu eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ale ke ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la, ate ŋu akafu Mawu kple wò? Ale ke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o? 17Àte ŋu anɔ akpe dam vevie gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o.

18Meda akpe na Mawu be “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe. 19Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase eye woanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.”

20Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ŋutsu nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me. 21Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, Mawu aɖo amewo ɖa tso anyigba bubuwo dzi be woaƒo nu na eƒe amewo le dzrogbewo me, ke le ɣemaɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo to wo o. 22Ale miakpɔe be “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o. 23Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o, alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe. 24Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔna nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o, alo kristotɔ yeye aɖe si va eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la, awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi. 25Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma.

Sɔleme wɔwɔ ƒe ɖoɖowo

26Enyo nɔvinye, mina míalé nya siwo katã gblɔm mele la nu aƒo ƒui azɔ. Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nɛ alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me, alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me. 27Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖekae eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme. 28Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu sesĩe o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me ke menye sesĩe na ameha la o.

29Ale nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ nagblɔ nya ɖi eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie. 30Ke menye be ɖeɖefia aɖe vana ame siwo bɔbɔ nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe ana mɔ nɔvia. 31Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔ ɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka eye ame sia ame nasrɔ̃ nu eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ eye wòakpe ɖe eŋu. 32Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la, ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu. 33Mawu menya ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene.

34Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene. 35Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒeme elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o.

36Mietsi tre ɖe ɖoɖo sia ŋua? Ɖe miebu be nunyanya tso Mawu ŋu dze egɔme eye wòwu enu kple mi Korintotɔwoa? Mieda vo! 37Ele be mi ame siwo gblɔna be wona nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana alo ŋusẽ tɔxɛ bubu aɖe yewo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ la nanye ame gbãtɔ siwo anya be nu si gblɔm mele la nye se tso Aƒetɔ la ŋutɔ gbɔ. 38Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me.

39Eya ta, nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miazu nyagblɔɖilawo ale be miate ŋu agblɔ Mawu ƒe nya eme nakɔ eye migagblɔ kpɔ be, “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” nye nu gbegblẽ o; 40ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ me.

Copyright information for EweBEE